Luke 10

Yesu dɔ nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo

1Azɔ Aƒetɔ Yesu tia nusrɔ̃la bubu blaadre-vɔ-eve eye wòdɔ wo eve, eve ɖo ɖe du kple kɔƒe siwo me eya ŋutɔ ɖo be yeava yi emegbe la me. 2Egblɔ na wo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o, eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ bena, woadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me. 3Azɔ miheyi eye miɖo ŋku edzi be miele abe alẽ siwo wodɔ ɖo ɖe amegãxiwo dome ene. 4Migatsɔ ga aɖeke ɖe asi o, migatsɔ kotoku loo alo afɔkpa dodo bubu o. Migagblẽ ɣeyiɣi le mɔ dzi anɔ gbe dom na amewo o!

5“Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, miyra emetɔwo 6nenye be wodze na yayra sia xɔxɔ la ekema anɔ wo dzi ɖaa, ke ne womedze na yayra la o la, agatrɔ va mia gbɔ.

7“Nenye be mieɖo kɔƒe aɖe me la miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o, midze aƒe ɖeka ko me, eye miaɖu nu alo ano nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme la numaƒomaƒoe. Nenye be wona nane mi la, migagbe exɔxɔ o elabena dɔwɔla ɖe sia ɖe dze na eƒe fetu.

8“Nenye be miege ɖe du aɖe me eye dua metɔwo xɔ mi nyuie la, ekema miɖu nu sia nu si wotsɔ ɖo miaƒe akɔme. 9Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu eye miɖe gbeƒã na wo bena, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’

10“Ne womexɔ mi le du aɖe me o la, mige ɖe dua ƒe ablɔwo dzi ne miagblɔ be, 11‘Míeʋuʋu miaƒe du ƒe ke si lé ɖe afɔwo ŋuti na mí ɖi abe ɖaseɖiɖi ene. Ke minya nyuie be: Mawufiaɖuƒe la gogo.’ 12Mele gbe tem ɖe edzi na mi be nuwo anɔ bɔbɔe na Sodom wu du sia le Ʋɔnudrɔ̃gbe la.

Babadodo na du siwo metrɔ dzime o

(Mateo 11:20-24)

13“Baa na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidɔn duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, ata akpanyakotoku abɔbɔ nɔ afi me. 14Le nyateƒe me, tohehe si woana Tiro kple Sidɔn la anɔ wodzoe wu esi woana mi le ʋɔnudrɔ̃gbea. 15Mi Kapernaumtɔwo ya ɖe, ɖe wole mia kɔ ge ɖe dzi ayi dziƒoea? Gbeɖe, woaɖiɖi mi ɖe dzomavɔ la me.”

16Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ame siwo xɔ mi la nyee woxɔ. Ame siwo gbe mi la nyee wogbe eye ame siwo gbem la gbe Mawu ame si dɔm ɖa la.”

Nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo ƒe tɔtrɔgbɔ

17Esi nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo trɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ dzidzɔtɔe be, “Ne míeyɔ wò ŋkɔ ko la gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã ɖoa to mí.”

18Yesu ɖo eŋu be, “Nyateƒee, nye ŋutɔ mekpɔ Abosam wòge tso dziƒo abe dzikedzo ene! 19Mena ŋusẽ mi be miaɖu Futɔ la ƒe ŋusẽwo katã dzi, eye be miazɔ le dawo kple ahɔ̃wo me anya avuzi le wo dzi. Ke nuvevi aɖeke mawɔ mi o. 20Gake migakpɔ dzidzɔ bena gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo to mi o. Ke boŋ midzɔ dzi be woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒonɔlawo dome.”

Yesu ƒe dzidzɔkpɔkpɔ

(Mateo 11:25-27, 13:16-17)

21Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ eƒe dzime fũ kple dzidzɔ blibo eye wògblɔ be, “Mekafu wò, O Fofo, Dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖa tso xexe sia me nunyalagãwo gbɔ eye neɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene. Nyateƒe, Fofo akpe na wò elabena aleae nèdi be wòanɔ. 22Nyee nye fofonye ƒe Amedɔdɔ le nu sia nu me. Ame aɖeke menya Vi la o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke hã menya Fofo la o, negbe Vi la kple ame siwo wòlɔ̃ ɖe eɖokui fia la ko.”

23Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo wuieveawo ŋu eye wògblɔ na wo dzaa be, “Wona mɔnukpɔkpɔ gã aɖe mi be miekpɔ nu siwo miekpɔ la. 24Nyagblɔɖilawo kple fia siwo nɔ anyi tsã la di vevie be yewoanɔ anyi le ŋkeke siawo me eye yewoakpɔ eye yewoase nu siwo miekpɔ kple nu siwo miese la hafi!”

Lododo le Samariatɔ dɔmenyotɔ la ŋu

25Gbe ɖeka agbalẽfiala aɖe si nya Mose ƒe seawo nyuie ŋutɔ la va be yeado Yesu ƒe nyateƒetɔnyenye kpɔ. Ebiae be, “Nu kae wòle be ame nawɔ be agbe mavɔ nasu esi?”

26Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ale kee Mose ƒe sea gblɔ tso nu sia ŋuti?”

27Agbalẽfiala la ɖo eŋu be, “Mose ƒe se la gblɔ be, ‘Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi kple luʋɔ blibo la, kpakple wò susu kple wò ŋusẽ katã hã, eye nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’”

28Yesu gblɔ nɛ be, “Èɖo eŋu nyuie ŋutɔ, heyi eye nàwɔ esiawo katã, ekema agbe mavɔ la asu asiwò!”

29Ŋutsu sia di be yeatso afia na ye ɖokui elabena eya ŋutɔ melɔ̃a ame sia ame o, eya ta wòbia Yesu be, “Ame kae nye hanyevi?”

30Yesu ɖo biabia sia ŋu nɛ kple lododo sia be, “Ŋutsu aɖe si nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina ɖe Yeriko la va ge ɖe adzodalawo sime. Adzodala siawo ƒoe nyuie eye woɖe ga kple eƒe awuwo le eŋu hegblẽe ɖe mɔa to wònɔ kudɔ ƒom.”

31“Dzɔgbe nyuietɔe la, Yudatɔwo ƒe osɔfo aɖe va to afi ma yina. Esi wòkpɔ amea le mɔa to la, edze to eŋu yi ɖato mɔa ƒe akpa evelia eye wòdzo le egbɔ. 32Levitɔ aɖe si nye ame siwo naa kpekpeɖenu le gbedoxɔ me la dometɔ aɖe hã va kpɔ amea wòmlɔ mɔa to gake eya hã tso eme dzo.”

33“Gake Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o hã va yina eye esi wòkpɔ amea la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ. 34Etɔ, dze klo ɖe egbɔ eye wòklɔ eƒe abiawo hetsɔ atike ɖo wo me. Emegbe ekɔe da ɖe eƒe tedzi dzi eye wòkplɔe ɖɔɖɔɖɔ va ɖo amedzrodzeƒe aɖe eye wònɔ egbɔ zã bliboa. 35Esi ŋu ke la, Samariatɔ la tsɔ sidi akpe blaeve na amedzrodzeƒe dzikpɔla be wòatsɔ akpɔ amea dzii. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Nenye be nu si miegblẽ ɖe eta sɔ gbɔ wu ga home si metsɔ na mi la, mava xe fea mamlea nenye be megatrɔ va afii’” Yesu bia agbalẽfiala la azɔ be,

36“Le ame etɔ̃ siawo dome ɖe, kae nèbu be enye havi na ame si dze adzodalawo sime?”

37Ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ame si kpɔ nublanui nɛ lae nye ehavi.” Yesu gblɔ nɛ be, “Eɖo eŋu nyuie, heyi eye wò hã nawɔ nenema.”

Yesu le Marta kple Maria ƒe aƒeme

38Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ woƒe mɔzɔzɔa dzi ɖo ta Yerusalem eye wova ɖo kɔƒe aɖe me. Nyɔnu aɖe si woyɔna be Marta la xɔ woɖe eƒeme. 39Marta nɔvi Maria va nɔ Yesu ƒe afɔnu le anyigba nɔ eƒe nyawo sem.

40Ke Marta ya tsi dzodzodzoe nɔ nu ɖam na Yesu. Sẽ la, Marta te ɖe Yesu ŋu eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ mèkpɔe be medze be nɔvinye nanɔ anyi ɖe afi sia eye nye ɖeka manɔ dɔawo katã wɔm oa? Gblɔ nɛ be neva kpe ɖe ŋunye.”

41Gake Yesu ɖo eŋu nɛ be, “O, Marta, Marta, èle agbagba dzem le fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti. Ke nu ɖeka koe le vevie eyae nye nu si Maria tia, eya womele exɔ ge le esi o.”

42

Yesu fia nu le gbedodoɖa nu

(Mateo 6:9-15; 7:7-11)

Copyright information for EweBEE